Acts 13

Barnaba kple Paulo tiatia kple wo dɔdɔ

1Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia hamea me ɣemaɣi eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnaba kple Simɔn si wogayɔna hã be, “Ameyibɔ,” Lukio, tso Kirene, Manaim si nye Fia Herodes nɔvi kpakple Saul. 2Gbe ɖeka, esi ame siawo ƒo ƒu henɔ gbe dom ɖa nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnaba kple Saul be woayi aɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo la nam.” 3Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa hena ɣeyiɣi aɖe eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnaba kple Saul dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta eye wodo mɔ wo be woayi.

4Le Kipro la Paulo kple Barnaba dze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkpɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene. 5Esi wova ɖo du si woyɔna be Salami me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe eye wogblɔ mawunya le afi ma.

6Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo bliboa dzi. Esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo me la, wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Bar Yesu. Ame sia nye ameflula, aʋatsonyagblɔɖila, kple afakala aɖe. Bar Yesu dze xɔlɔ̃ Sergio Paulo si nye gɔvina le afi ma, eye wònye ame si si 7tagbɔ le eye wòsea nu gɔme hã. Gbe ɖeka, gɔvina Paulo be woava gblɔ Mawu ƒe nya la na ye. 8Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala sia si ƒe ŋkɔ le Helagbe mee nye Elima la, te kpɔ be yeagblẽ to na gɔvina la be megase Paulo kple Barnaba ƒe nyawo o, eye be megaxɔ Mawu dzi se hã o. 9Ke Saul ame si wogayɔna be Paulo si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ fũ la li ŋku ɖe Elima dzi gãa kple dziku eye wòblu ɖe eta be, 10“Wò Abosam vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣekaɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ŋu? 11Azɔ Mawu ahe to na wò eya ta wò ŋkuwo agbã ale be màgate ŋu akpɔ nu o hena ɣeyiɣi aɖe.”

Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ eye wòde asi asitsatsa le yame me, henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye.
12Nu sia wɔ nuku na gɔvina la ŋutɔ. Ekpɔe dze sii be ŋusẽ aɖe le mawunya me eya ta wòzu xɔsetɔ.

Paulo kple Barnaba ɖo Antioxia si le Pisidia

13Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo ɖo ta Pamfilia si wogayɔna hã be Terki. Du gbãtɔ si me wova ɖi go ɖo lae nye Perga. Yohanes gblẽ wo ɖi le teƒe sia hetrɔ dzo yi Yerusalem. 14Ke Barnaba kple Paulo ya tso me yi Antioxia si le Pisidia nutome.

Le Sabat ŋkeke dzi la woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe.
15Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnaba kple Paulo gbɔ gblɔ bena, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la migblɔe, mieɖe kuku.” 16Paulo tsi tre hedo gbe na wo eye wòda akpe na wo le mɔnukpɔkpɔ si wona wo la ta. Eƒo nu gblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afii, si vɔ̃a Mawu. Gbã la, medi be maɖo ŋku blemanya ɖekaɖeka aɖewo dzi na mi.”

17“Israel dukɔ sia ƒe Mawu, tia míaƒe dukɔ sia eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egipte nyigba dzi bubutɔe. 18Ekpɔ wo dzi kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ. 19Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kanan nyigba dzi eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene. 20Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ ene. Le esiawo megbe la Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe nyagblɔɖila Samuel dzi.

21“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saul si nye Kish ƒe vi la va ɖu wo dzi abe fia ene. Saul tso Benyamin ƒomea me eye wòɖu fia ƒe blaene. 22Ke emegbe la Mawu ɖe Saul ɖe le zikpuia dzi eye wòtsɔ David si nye Yese vi la ɖo eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David enye ame si dze nye dzi ŋu elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’ 23Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu ame si nye Ɖela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.”

24Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu. 25Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la, ebia amewo be, ‘Ɖe miebu be nyee nye Mesia la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si gbɔna la tri akɔ wum. Ne wotsɔm sɔ kplii la, nyemeɖi naneke kura o.’

26“Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi Trɔ̃subɔla siwo vɔ̃a Mawu siaa, medi be mianya be, míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖa.” 27Yudatɔ siwo le Yerusalem kple woƒe dumemegãwo wɔ ɖe nu si woŋlɔ da ɖi la dzi pɛpɛpɛ hewu Yesu. Wowui elabena, togbɔ be wonɔa nyagblɔɖilawo ƒe nyawo xlẽm hã la, womekpɔe dze sii eye womenya be eyae nye Ɖela si ŋu nyagblɔɖilawo nɔ nu ƒom le la o. 28Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o gake wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko. 29Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me.

30“Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me, 31eye wòɖe eɖokui fia ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo. 32Nyanyui sia gblɔm míele na mi; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo, 33ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee ene be, ‘Wòe nye vinyeŋutsu, egbe mezu fofowò.’ 34Kpeɖodzi be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye makpɔ gbegblẽ o le nya siawo me be, ‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’ 35Nenema ke wogblɔ le teƒe bubu hã be, ‘Mana wò Kɔkɔetɔ la nàto gbegblẽ me o.’ 36Menye David ŋutie wonɔ nya siawo gblɔm tsoe o, elabena ele nyanya me na mí katã be esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii eye eƒe ŋutilã vo ɖe tome. 37Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me eye ku mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.”

38Paulo yi eƒe nuƒoƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. 39Ame sia ame si xɔ edzi se la, woaɖee tso nu vɔ̃ sime eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si Yudatɔwo ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o. 40Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o. 41Wogblɔe be, ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele dɔ gã aɖe wɔm le mia dome, gake ne wogblɔe miese la, miele exɔ ge ase akpɔ o.’”

42Gbe ma gbe esime amewo kaka le ƒuƒoƒea la, ɖewo gblɔ na Paulo be eƒe nya vivi yewo nu ŋutɔ eya ta wòagatrɔ va ƒo nu na yewo le Sabat si agava la dzi. 43Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔla siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le ablɔ dzi eye Paulo kple Barnaba gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woaxɔ Mawu ƒe dɔmenyo si wòwɔ na wo la. 44Le ŋkeke enyia gbe la du bliboa katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Mawu ƒe nya la.

45Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnaba ale gbegbe bena wogblɔ busunyawo eye wotsi tre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie.

46Nu sia meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo o ke boŋ wogblɔ kple dzideƒo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nyanyui sia na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la eye miebu mia ɖokui abe yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayii na Trɔ̃subɔlawo boŋ. 47Esia nye se si Mawu de nam be, ‘Mewɔ wò be nànye akaɖi na Trɔ̃subɔlawo eye nàkplɔ wo tso xexeame ƒe dzogoewo katã dzi ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’”

48Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na Trɔ̃subɔlawo eye wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se. 49Ale wɔ mawunya la keke ta le nuto ma katã me.

50Dɔme ve Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkutatɔ siwo vɔ̃a Mawu kple dumemegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va eye to esia me la wonya Paulo kple Barnaba do goe le dua me. 51Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe enyi abe dzɔgbevɔ̃e ƒe dzesi ene eye woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Ikonio. 52Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã yɔ wo me fũ.

Copyright information for EweBEE